Menu

Psalmowo 6

BIB

1 O! Yehowa, mègaka mo nam le wò dziku me alo ahe to nam le wò dɔmedzoe helĩhelĩ me o. 2 Yehowa, kpɔ nublanui nam, elabena nu te ŋunye. O! Yehowa, yɔ dɔm, elabena nye ƒuwo le veve sem. 3 Nye luʋɔ le nuxaxa me. Va se ɖe ɣe ka ɣi, O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi? 4 O! Yehowa, trɔ ɖe ŋunye, eye nàɖem; ɖem, le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta. 5 Ame aɖeke meɖoa ŋku dziwò ne eku o. Ame kae kafua wò tso eƒe yɔdo me? 6 Mevɔ le eme keŋkeŋ le ŋeŋe ta; metsɔ aɖatsi ƒo nye aba, elabena mefa avi zã blibo la, eye nye aɖatsi wɔe be nye dɔƒe ƒo tsi belebele. 7 Nuxaxa na ɖeɖi te nye ŋkuwo ŋu; womegale nu kpɔm tututu o, le nye futɔwo ta. 8 Mite ɖa le gbɔnye, mi nu vlo wɔlawo, elabena Yehowa se nye avifafa. 9 Yehowa se ɣli si medo be wòakpɔ nye nublanui; Yehowa xɔ nye gbedodoɖa alɔ eve. 10 Nye futɔwo katã ŋu akpe mi, eye miaƒe mo atsi dãa; woagbugbɔ ɖe megbe enumake kple ŋukpe.

Everything we make is available for free because of a generous community of supporters.

Donate