Menu

Psalmowo 54

BIB

1 Ɖem, O! Mawu, ɖem kple wò ŋkɔ, tsɔ wò ŋusẽ tso afia nam. 2 O! Mawu, se nye gbedodoɖa, eye nàƒu to anyi ɖe nye numenyawo ŋu. 3 Amedzrowo tso ɖe ŋunye, ŋutasẽlawo ti nye agbe yome, ame siwo mebua Mawu ɖe naneke me o. Sela 4 Mawu nye nye xɔnametɔ vavã, Aƒetɔ lae nye ame si lém ɖe asi. 5 Vɔ̃ negbugbɔ va ame siwo le ŋunye gblẽm la dzi, tsrɔ̃ wo le wò nuteƒewɔwɔ ta. 6 Masa lɔlɔ̃nuvɔsa na wò, O! Yehowa, makafu wò ŋkɔ, elabena enyo. 7 Eɖem tso nye xaxawo katã me, eye nye ŋkuwo kpɔ ale si woɖu nye futɔwo dzii.

Everything we make is available for free because of a generous community of supporters.

Donate